Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia eye woƒe ɣebialéle sia nye ɖaseɖiɖi si tsi tre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me.
Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me eye miegbe fexexe na wo la, le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ la.
Eya ta, nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava. Mienya ale si agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na adametsi kple kelemetsi.
Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe.
Gawu la, nɔvinyewo, migata nu o, eɖanye kple anyigba loo dziƒo alo nu bubu aɖeke o. Miaƒe ẽ nanye ẽ eye miaƒe o nanye o, nemenye nenema o la miadze na ʋɔnudɔdrɔ̃.