Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve,
Ale fia la dɔ dɔlawo ɖo ɖe Rahab be, “Ɖe asi le amedzroawo ŋu, elabena ŋkutsalawo wonye, eye Israelviwo ƒe kplɔlawoe ɖo wo ɖa be woadi mɔ nyuitɔ si dzi woato aho aʋa ɖe mía ŋu.”
elabena míese ale si Yehowa ɖe mɔ to Ƒu Dzĩ la me na mi esi miedzo le Egipte! Míenya nu si miewɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fia eve siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple ale si miegblẽ woƒe anyigba, eye mietsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi.
Míatsɔ míaƒe agbe aʋli mia ta.” Esi Rahab ƒe xɔta kɔ wu dua ƒe gliwo ta la, esa ka legbe aɖe ɖe eƒe fesreti ŋu, eye wòna amedzroawo ɖiɖi to ka la ŋu ɖe anyigba le dua godo.
Rahab gblɔ na ŋkutsalawo be, “Misi yi toawo dzi. Minɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo le mia dim la natrɔ agbɔ, ekema miate ŋu atrɔ adzo azɔ.”
negbe ne míege ɖe anyigba la dzi, eye nètsɔ avɔ dzĩ tsi ɖe fesre si nètsɔ mí toe la nu, eye ne mèkplɔ fofowò kple dawò, nɔviwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo katã va wò aƒe me o la, míedze agɔ o.
Ne ame aɖe do go le wò aƒe me yi mɔtata dzi la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi, menye míawoe wɔe o. Ke hena ame siwo anɔ wò aƒe me la, amea ƒe ʋu ava míaƒe ta dzi ne míeka asi eŋuti.
Ŋkutsalawo yi toawo dzi, eye wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo nɔ wo yome tim la di wo le afi sia afi le mɔa dzi do kpoe, eye wotrɔ gbɔ va dua me.