ale be miate ŋu anya mɔ si to ge miala, elabe mieto mɔ sia dzi kpɔ o. Ke migate ɖe nubablaɖaka la ŋu o! Nenɔ mia ŋgɔ abe agbadroƒe afã sɔŋ ene tso mia gbɔ.”
Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Tso egbe dzi la, made asi kɔkɔdodo wò me le Israelviwo katã ŋkume, ale be woanya be ale si menɔ kple Mose la, manɔ kple wò hã nenema ke.
Ebe: ‘Azɔ ko miele si dze gee kɔtɛe be Mawu gbagbe la le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyà ge ɖa le mia ŋgɔ vavã.
Ne nunɔla siwo tsɔ anyigba la katã ƒe Aƒetɔ, Aƒetɔ, ƒe nubablaɖaka, ƒe afɔƒome nyaka Yordan me tsia me ko la, Yordan me tsi la adzudzɔ sisí, eye tsi si sí tso dzi gbɔna anyi la, atɔ, amlí kɔ ɖi.’ ”
tɔsisia tsò ɖe dzigbeme, eye wòmlí kɔ de keke Adam, du aɖe si le Zaretan gbɔ la. Tɔsisia ƒe akpa si nɔ sísim ɖo ta anyigbeme hetu ta Dzeƒu la me le anyigbeme hã ma ɖa keŋkeŋ. Ale dukɔ la to tɔgoa me do ɖe Yerixo kasa.
Esime ameawo nɔ tɔgoa me zɔm alea la, nunɔla siwo tsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖakaa la tsi tsitre ɖe anyigba ƒuƒui le Yordan tɔgoa titina va se ɖe esime ame sia ame to tɔgoa me va ɖo go evelia dzi.