Ke miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmegbedoxɔ tum. Gawu la, mienye eƒe nunɔla kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo ƒe avuléle dzi.
Elabena wogblɔ le mawunya me be, “Kpɔ ɖa mele kpe aɖe ɖom ɖe Zion, dzogoedzikpe si wotia, eye asixɔxɔ le eŋu, ame si atsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi la, ŋu mele ekpe ge akpɔ gbeɖe o.”
Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu.
Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ.
Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ.
Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu blibo me, menye na esiwo nyo, eye wobua mia ŋuti ɖeɖe ko o, ke boŋ na esiwo nye ŋutasẽlawo hã.
Gake viɖe ka wòanye na mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta, eye miedo dzi? Ke ne miekpe fu le nyuiwɔwɔ ta, eye miedo dzi la, enye nu dzeame le Mawu gbɔ.
Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.