“Ŋlɔ agbalẽ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ.
Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paradiso me la ƒe tsetsea.
Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.
Menya afi si nèle; eyae nye afi si Satana li eƒe fiazi anyi ɖo la. Ke hã la, ègalé nye ŋkɔ me ɖe asi ko; mègbe nu le wò xɔse si nètsɔ ɖe menye la gbɔ o; èlé eme ɖe asi le Antipas, nye ɖasefo nuteƒewɔla ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã, ame siwo wowu le miaƒe du si nye Satana nɔƒe la me.
Ke hã la, nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi ma, ame siwo galé Balaam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu kple ahasiwɔwɔ me.
Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe.
“Ŋlɔ agbalẽ na Tiatira hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene.
Ke hã la, mekpɔ nu sia le ŋutiwò; èɖe mɔ na nyɔnu ma, ame si woyɔna be Yezebel, ame si yɔa eɖokui be nyagblɔɖila. Ekplɔ nye dɔlawo trae to eƒe nufiafia me be woage ɖe ahasiwɔwɔ me, eye be woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la.
Azɔ mele egblɔm na mi ame mamlɛ siwo le Tiatira, mi ame siwo melé eƒe nufiafia me ɖe asi o, eye miesrɔ̃ nu si woawo ŋutɔ le yɔyɔm be Satana ƒe nu goglowo o la, nyemada agba kpekpe bubu aɖeke ɖe mia dzi o.