“Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Sardis-hamea ƒe mawudɔla be: Ame si si Mawu ƒe gbɔgbɔ adrẽawo kple ɣletivi adrẽawo le la ƒe nyae nye esi be: ‘Menya dɔ si nèwɔ. Menya be èxɔ ŋkɔ be yele agbe, gake kpɔ ɖa, èku.
Eya ta ɖo ŋku nu si wofia wò kple nu si nèse la dzi. Lé wo me ɖe asi, eye nàtrɔ dzime, elabe mèle ɣeyiɣi si mele gbɔwò va ge la nya ge o. Ne mèle ŋudzɔ o la, mava do ɖe dziwò abe fiafitɔ ene.
Ame si ɖu dzi la, woado awu ɣi nɛ nenema ke, eye nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbenɔlawo ƒe agbalẽ la me o. Maʋu eyama me le Tɔ́nye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume kɔtɛe be enye tɔnye.’
“Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Filadelfia-hamea ƒe mawudɔla be: Ame sia nye kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ si si David ƒe safuiwo le, ne eʋu ʋɔ la, ame aɖeke mate ŋu atui o; ne etui la, ame aɖeke mete ŋu ʋunɛ o. Eyae le gbɔgblɔm be:
‘Menya dɔ si nèwɔ. Kpɔ ɖa, meɖo ʋɔtru si le ʋuʋu ɖi la ŋgɔwò si ame aɖeke mate ŋu atu o. Elabe togbɔ be ŋusẽ sue aɖe koe le asiwò hã la, èlé nye nya la me ɖe asi, eye mègbe nu le gbɔnye o.
Esi nèwɔ nye nya dzi, do dzi hekpe fu ta la, nye hã maɖe wò tso dodokpɔ sesẽ si le xexea me katã dzi va ge, eye woado anyigbadzinɔlawo katã akpɔ la me.
Ame si ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye Mawu ƒe gbedoxɔ me. Anɔ afi ma tegbee, eye magado le eme akpɔ o. Maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe du si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo nye Mawu gbɔ la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu. Maŋlɔ nye ŋutɔ nye ŋkɔ yeye la hã ɖe eŋu.’
“Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Laodikea-hamea ƒe mawudɔla be: Ame si nye Amen, nuteƒewɔla kple ɖaseɖila nyateƒetɔ, ame si nye nu siwo Mawu wɔ la ƒe dzɔtsoƒe ƒe nyae nye esi be:
Ègblɔna be: Kesinɔtɔ menye, nu le asinye eye nyemehiã naneke o. Ke mèdze sii be hiãtɔ, nublanuitɔ, ame dahe, ŋkuagbãtɔ kple ame si le amama lae yenye o.
Mele aɖaŋu ɖom na wò be nàƒle sika nyuitɔ, si wololo le dzo me le asinye be nàzu kesinɔtɔ. Ƒle avɔ ɣi hã nàta be wò ŋukpeƒe nagadze o. Ƒle ŋkutike nàsi ɖe wò ŋku dzi ne nàkpɔ nu.