Esi wofi tofi na Gazatɔwo bena, Simson va afisia la, woɖe to ɖee, eye wode xa ɖe du la ƒe agbo nu nɛ le zã blibo la katã me; wozi ɖoɖoe le zã blibo la katã me be, ne ŋu ke la, yewoawui.
Ke Simson mlɔ anyi vaseɖe zã titina; le zãtiƒe la efɔ, eye woho ɖu la ƒe agbo kple agboti eveawo hekpe ɖe gameti la ŋu, eye wòlee ɖe abɔ tsɔ va da ɖe to, si le Xebron kasa la tame.
Eye Filistitɔwo ƒe amegãwo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ble enu, ne nadze si nusi me eƒe ŋusẽ gã la le, kple nusi míatsɔ aɖu edzi, kpakple nusi míatsɔ ablae, be míabɔbɔe ɖe anyi; ekema mía dome amesiame ana klosalo akpe kple alafa ɖeka wò!
Tete wògblɔ eƒe dzime-nyawo katã nɛ bena: Talũhɛa ɖeke ɖeke medea nye ta ŋu o, elabena Mawu ƒe klue menye tso danye ƒe da me ke. Ne wolũ ta nam la, ekema nye ŋusẽ ado le ŋunye, eye magbɔdzɔ azu abe ame bubuwo katã ene.
Eye nyɔnu la gblɔ bena: Simson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò loo! Tete wonyɔ tso alɔ̃ me hebu bena: Mado abe tsã ene, eye maʋuʋu ɖokuinye! Ke menyae be, Yehowa dzo le egbɔ o.
Esi wole dzidzɔ kpɔm la, wogblɔ be: Miɖayɔ Simson vɛ, ne wòado nukokoe na mi! Tete woyi ɖakplɔ Simson tso gaxɔ me vɛ wòle nukokoe dom na wo, eye wokplɔe ɖo sɔti eve domee.