Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Eye ŋutsua ɖe no Efrayim-to dzi, si ŋkɔ nye Mixa. |
| 2 |
| Eya gblɔ na dadaa bena: Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa, si wofi, eye nedo ɖiŋu ɖe eŋu, nye hã mese la, le asinye; nyee tso klosalo la. Tete dadaa gblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye! |
| 3 |
| Esi wògbugbɔ klosalo akpe ɖeka kple alafa la na dadaa la, dadaa gblɔ bena: Mekɔ klosalo, si le asinye la ŋu na Yehowa hena vinye, be wòatsɔe awɔ aklama kpakpɛ kple legbae; eyata megagbugbɔe na wò. |
| 4 |
| Eye wòtsɔ klosalo la na dadaa Ke dadaa ɖe klosalo alafa eve na sikanutula, amesi tsɔe wɔ aklama kpakpɛ kple legbae, eye wotsɔe va Mixa ƒe me. |
| 5 |
| Eye Mixa tu mawuxɔ, etɔ kɔmewu, eye woli aƒeli heɖo viaŋutsu ɖeka, be wòanye nunɔla nɛ. |
| 6 |
| Ɣemaɣi la fíaa ɖeke mena Israel o, eye amesiaame wɔ nusi dze eŋu. |
| 7 |
| Eye ɖekakpuia ɖe tso Betlexem-Yuda le Yuda ƒe ƒome la me; enye Lewitɔ, eye wònye amedzro le afima. |
| 8 |
| Eye woʋu tso Betlexem-Yuda-du la me, be wòaɖanɔ afisi wòkpɔ; eye wòva Efrayim-to la dzi heyi ɖe Mixa ƒe me, be wòagayi eƒe azɔli dzi emegbe. |
| 9 |
| Tete Mixa gblɔ nɛ bena: Afika nètso? Eɖo ŋu nɛ bena: Lewito menye tso Betlexem-Yuda, eye meyina, be manɔ afisi makpɔ. |
| 10 |
| Mixa gblɔ nɛ bena: Tsi gbɔnye, eye nanye fofo kple nunɔla nam, ekema mana klosalo ewo wò ƒe sia ƒe hekpe ɖe avɔtata kple nuɖuɖu ŋu. Ale wozi Lewito la dzi. |
| 11 |
| Lewito la lɔ̃ be, yeatsi ŋutsu la gbɔ, eye ɖekakpui la le nɛ abe viawo dometɔ ɖeka ene. |
| 12 |
| Eye Mixa ɖo Lewitɔ la. Ale ɖekakpui la trɔ zu nunɔla nɛ, eye wòtsi Mixa ƒe me. |
| 13 |
| Tete Mixa gblɔ bena: Azɔ menyae bena, Yehowa le nyui wɔ ge nam, elabena Lewitɔe nye nunɔla nam. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/judges/017.mp3
21
17