Tete ŋutsu la kplu ɖekakpui ɖeka kple tedzi eve ɖe asi, eye wòtso dze eyome, be yeaƒo nu kplii fafɛ, ne yeakplɔe agbɔe. Eye nyɔnu la kplɔe yi fofoa ƒe me, eye esi ɖetugbi la fofo kpɔe la, exɔe kple dzidzɔ.
Esi wòfɔ le ŋkeke atɔ̃lia ƒe ŋdi, be yeadze mo la, ɖetugbi la fofo gblɔ nɛ bena: De nane do me, eye milala, vaseɖe esime ɣe natrɔ hafi! Tete woa kple eve la woɖu nu.
Ke esi ŋutsu la kple eƒe ahiã kpakple ɖekakpui la wotso, be yewoadze mo la, ɖetugbi la fofo, si nye toa, gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ɣe la yina lɔ̃, eye anyinu le fafam, eyata mitsi do! Ye la trɔ xoxo, eyata tsi dɔ, eye wò dzi nagbɔ ɖe me! Etsɔ ŋdi la miafa kaba alé miaƒe mo ayi wò agbadɔ nu!
Gake ŋutsu la melɔ̃ be, yeatsi adɔ o, eye wòdze mɔ heva Yebus, si nye Yerusalem la kasa, eye tedzi eve, siwo wòbia akpa na, kple eƒe ahiã la kpe ɖe eŋu.
Eɖo ŋu nɛ bena: Míetso Betlexem-Yuda heyina ɖe Efrayim-to la ƒe mlɔenu; afima metso va yi Betlexem-Yuda, eye meyina Yehowa ƒe me, ke amea ɖeke mexɔm ɖe eƒe me o.
Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe!
Tete ŋutsu, si nye aƒeatɔ la, ɖo yi wo gbɔ gblɔ na wo bena: Oo, nɔvinyewo, migawɔ nu vlo sia o! Esi wònye aƒenye me ŋutsu sia va dze la, eyata migawɔ nu baɖa sia o!
Kpɔ ɖa, makplɔ vinyenyɔnu kple ŋutsu la ƒe ahiã ɖoe, ne miade asi wo ŋu, eye miawɔ nusianu, si dze mia ŋu la, ɖe wo ŋu; ke migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu sia ŋu o!
Ke ŋutsuawo gbe toɖoɖoe. Tete ŋutsu la kplɔ eƒe ahiã yi wo gbɔ le xexe, eye wode asi eŋu hewɔ funyafunyae zã blibo la, vaseɖe esime ŋu ke; eye esi agu dze la, woɖe asi le eŋu.