Wova dona bibibi kple woƒe lãhawo kple avɔgbadɔwo abe ʋetsuviwo ene. Woawo ŋutɔ kple woƒe kposɔwo mele xexlẽme o. Ðeko wovana gblẽa nu sia nu le anyigba blibo la dzi.
Aƒetɔ dɔ eƒe gbeƒãɖela aɖe ɖo ɖe wo gbɔ. Egblɔ na wo be: “Aƒetɔ, Israel Mawu la be magblɔ na mi be: ‘Nye ŋutɔe kplɔ mi do go le Egipte, afi si mienye kluvi le.
Tete Aƒetɔ ƒe dɔla va kɔƒe aɖe si woyɔna be Ofra la me, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe logoti aɖe te. Ati sia nye Yoas, ame si nye Abiezer ƒe dzidzimevi la tɔ. Ɣe ma ɣi la, via ŋutsuvi Gideon nɔ lu ƒom le wainfiãƒe bene Midiantɔwo nagakpɔe o.
Gideon biae be: “Nye amegã, èbe ale ke? Ne Aƒetɔ ɖe wòli kpli mí tututu ɖe, nu ka tae nu siawo katã dzɔ ɖe mía dzi? Nukunu siwo katã ŋu mía tɔgbuiwo ƒoa nu le na mí, be woawoe Aƒetɔ wɔ esime wòkplɔ mí tso Egipte la hã ɖe, afi ka wole? Azɔ Aƒetɔ tsɔ mí ƒu gbe na Midiantɔwo.”
Ke Gideon ɖo eŋu be: “Taflatsɛ, nye amegã, nu ka tsɔ ge mala aɖe Israel-dukɔ lae? Kpɔ ɖa, míaƒe ƒome lae nye ŋusẽmanɔŋutɔ kekeake le Manase-toa me, eye gawu la, nyee nye ɖevitɔ le tɔ́nye ƒeme.”
Azɔ Aƒetɔ ƒe dɔla la tsɔ atizɔti si le esi la nu tɔ lã la kple abolo la dzi. Enumake dzo do tso agakpe la me hefiã lã la kple abolo la katã. Tete mawudɔla la bu vĩi le egbɔ.
Gideon ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Aƒetɔ, eye wòna ŋkɔe be: “Aƒetɔ ye nye ŋutifafa.” Vɔsamlekpui sia gale Ofra va se ɖe egbe, eye wònye Abiezer ƒomeawo tɔ.
Zã ma me ke la, Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Lé tɔ́wò ƒe nyitsu ɖeka kple nyitsu bubu si xɔ ƒe adrẽ. Yi nàgbã tɔ́wò ƒe vɔsamlekpui si wòɖi na Baal, eye nàlã atikpo si nye Asera la ɖa le egbɔ.
Ale Gideon ɖe ŋutsu ewo le eƒe dɔlawo dome, eye wòwɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene. Ewɔe le zã me, ke menye le ŋkeke me o, elabe enɔ tɔ́a ƒometɔwo kple dua me ŋutsuwo vɔ̃m ŋutɔ.
Dua me ŋutsuwo fɔ ŋdi kanya, eye wokpɔ be wogbã vɔsamlekpui si woɖi na Baal, lã nyɔnumawu Asera la hã ɖa, eye wotsɔ nyitsu sa vɔe le vɔsamlekpui si woɖi la dzi.
Tete wogblɔ na Yoas be: “Kplɔ viwò ŋutsuvia do go va afii. Edze na ku elabe egbã vɔsamlekpui si míeɖi na Baal, eye wòlã nyɔnumawu Asera si le egbɔ la hã ɖa.”
ekema mele alẽgbalẽ tsɔ ge ada ɖe lugbɔƒe. Ne ŋu ke ŋdi, eye zãmu ƒo alẽgbalẽa ɖeɖe ko, eye anyigba le ƒuƒuie la, ekema madze sii be dzinye to ge nàla aɖe Israel-dukɔ la vavã.
Tete Gideon gblɔ na Mawu be: “Meɖe kuku, dzi megaku wò o. Medi be magagblɔ nya aɖe. Na magatsɔ alẽgbalẽ la agado wò kpɔ zi evelia. Fifia la, meɖe kuku, na alẽgbalẽa nanɔ ƒuƒuie, ke zãmu naƒo anyigba si ƒo xlãe godoo la ya.