Tete Yabes-ame tsitsiwo gblɔ nɛ bena: Na asinu mí ŋkeke adre, ne miadɔ ame aɖo ɖe Israel-nyigba blibo la dzi, eye ne amea ɖeke meva xɔ na mí o la, ekema míado ava gbɔwò.
Enumake wòlé nyi eve heɖi, eye wòtsɔ wo ɖe amewo si ɖo ɖe Israel-nyigba blibo la dzi gblɔ bena: Ale woawɔ amesi metso dze Saul kple Samuel yome o la, ƒe nyiwo enye si! Tete Yehowa ƒe ŋɔdzi lé dukɔ la, eye woho zi ɖeka.
Azɔ wògblɔ na ame dɔdɔ, siwo va la bena: Miyi ɖagblɔ na Yabes-Gileadtɔwo bena: Etsɔ ŋdɔ la woaxɔ na mi! Eye esi ame dɔdɔwo va gblɔe na Yabestɔwo la, dzi dzɔ wo.
Esi ŋu ke la, Saul mã dukɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ me, eye wova dze asaɖa la dzi le ŋdi ŋudzɔɣi hewu Amonitɔwo vaseɖe ŋdɔ. Ke amesiwo kpɔtɔ la, ka hlẽ, ale be wo dome ame eve metsi afi ɖeka o.
Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, woɖo fia Saul le afima le Yehowa ŋku me le Gilgal, eye wosa akpedavɔ le afima le Yehowa ŋku me. Eye Saul kple Israel-ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le afima.