Eye Dawid kple Abisai wova aʋakɔ la gbɔ le zã me; kpo ɖa, Saul mlɔ anyi le alɔ̃ dam le tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyi ɖe eƒe tade, eye Abner kple aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo.
Tete Dawid tso akplɔa kple tsize la le Saul ƒe tade eye wodzo: ke amea ɖeke mekpɔe o, amea ɖeke menyae o, eye amea ɖeke menyɔ o; ke boŋ wo katã wodɔ alɔ̃, elabena Yehowae na wodo alɔ̃ ku bliblibli.
Eye Dawid gblɔ na Abner bena: Menye ŋutsue nènye oa? Ameka de nuwò le Israel? Nukaŋuti mèdzɔ wò aƒetɔ fia la ŋu oa? Elabena amea ɖe tso dukɔ la dome va, be yeawu wò aƒetɔ fia la.
Menye nu nyui nye esia nèwɔ o. Meta Yehowa ƒe agbe be: Mi amesiwo medza miaƒe aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu o la, miedze ku! Azɔ kpɔe ɖa be, afika fia ƒe akplɔ kple tsize, si le eƒe tade la le hã?
Eyata nye ʋu megage ɖe anyigba ɖe adzɔge tso Yehowa ƒe ŋku ta o, elabena Israel-fia do be, wòadi dosu ɖeka, abe alesi wotia tegli yome le towo dzi ene.