Le esia ta, tso ɣe ma ɣi va se ɖe egbegbe Dagon ƒe trɔ̃nuawo kple ame siwo katã subɔnɛ le trɔ̃ƒe sia le Asdod la daa ata teƒea eye womeɖoa afɔe gbeɖe o.
Esi Asdodtɔwo kpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la, wogblɔ be: “Israel ƒe Mawu la le to hem na mía kple míaƒe mawu Dagon. Mele be eƒe nubablaɖaka la naganɔ mía gbɔ azɔ o.”
Ale wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu eye wobia wo be: “Ale ke míele Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la wɔ gee?” Woɖo eŋu be: “Mitsɔe ɖo ɖe Gat.” Ale wokɔe yi Gat si nye Filistitɔwo ƒe du bubu aɖe.
Esi nubablaɖaka la va ɖo la, Aƒetɔ he to na du ma me tɔwo hã, eye zi gã aɖe tɔ le dua me. Ƒoƒoe te ame sia ame le dua me, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.
Ale woawo hã woɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe Ekron, Filistitɔwo ƒe du bubu. Ke esi Mawu ƒe nubablaɖaka la va Ekron la, dua me tɔwo do ɣli gblɔ be: “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖo ɖe mí be wòawu mí katã le dua me.”
Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu. Wogblɔ be: “Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ɖe eteƒe, bene magawu mí katã le dua me o.” Elabe vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me kutɔkutɔe elabe Mawu ƒe asi sẽ ɖe wo dzi.