Tete woɖo ŋu bena: Ne miehe, yewoaɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa la, ekema migaɖoe ɖa ƒuƒlu o; ke boŋ mitsɔ avulénu kpe ɖe eŋu! Ekema miaƒe lãme asẽ, eye ne eƒe asi madzo le mia ŋu o hã, mianya.
Eyata mifɔ nuwo vɛ, ne miawɔ tasiaɖam yeye ɖeka, eye mikplɔ nyivinɔ eve, siwo womeku kɔkuti kɔ na wo kpɔ o la, kpe ɖe eŋu: mitsi nyinɔawo ɖe tasiaɖam la ŋu, eye milé wo viwo le wo ŋu va aƒee!
Eye ne miekpɔ bena, ele aƒemɔ ɖo ta Bet-Semes la, ekema eyae he dzɔgbevɔ̃e gã sia va mía dzi; ke ne mele alea o la, ekema míanyae bena, menye eƒe asie va mia dzi o, ke boŋ nua ɖe ƒomevie wɔ mí.
Eye nyinɔwo lé mɔ kɔ ɖo ta Bet-Semes, wòlé mɔ ɖeka hele xɔxlɔ̃m, eye womedze ɖe ɖusi alo mia me o. Eye Filistitɔwo ƒe amegãwo le wo yome vaseɖe Bet-Semes ƒe liƒo dzi.
Esi tasiaɖam la va Bet-Semestɔ Yosua ƒe agble me, afisi kpe gãa ɖe le la, etɔ ɖe afima. Eye wodze tasiaɖam la wɔ nakee hetsɔ nyinɔwo sa numevɔ na Yehowa.
Eye Lewitɔwo kɔ Yehowa ƒe aɖaka la kple aɖakavi, si kpe ɖe eŋu, si me sikanuawo le, eye woda wo ɖe kpe gã la dzi. Eye Bet-Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa gbemagbe.
Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.