× Language Europe Russian Belarusian Ukrainian Polish Serbian Bulgarian Slovakian Czech Romanian Moldovian Azerbaijan Armenian Georgian Albanian Avar Bashkir Tatar Chechen Slovenian Croatian Estonian Latvian Lithuanian Hungarian Finnish Norwegian Swedish Icelandic Greek Macedonian German Bavarian Dutch Danish Welsh Gaelic Irish French Basque Catalan Italian Galacian Romani Bosnian North America English South America Spanish Portuguese Guarani Quechuan Aymara Central America Jamaican Nahuatl Kiche Qeqchi Haitian East Asia Chinese Japanese Korean Mongolian Uyghur Hmong South East Asia Malaysian Burmese Chin Nepali Cebuano Tagalog Cambodian Thai Indonesian Vietnamese Javanese Lao Iban IuMien Kachin Lahu Aceh Balinese Bugis Pampanga Sasak Shan Waray South Asia Hindi Оdia Awadhi Mizo Kannada Malayalam Marathi Gujarati Tamil Telugu Punjabi Kurukh Assamese Maithili Bengali Urdu Sinhala Dogri Haryanvi Meitei Konkani Santali Sindhi Koya Thado Sanskrit Devanagari Adilabad Gondi Ahirani Balochi Bundeli Chhattisgarhi Garhwali Kangri Kumaoni Mewari Munda Sadri Seraiki Shekhawati Sylheti Central Asia Kyrgyz Uzbek Tajik Turkmen Kazakhstan Karakalpak Middle East Turkish Hebrew Arabic Persian Kurdish Pashto Coptic Africa Afrikaans Xhosa Zulu Ndebele Sotho Amharic Wolaytta Nigerian Mossi Ika Dinka Kabyle Ewe Swahili Morocco Somalian Shona Madagascar Igbo Lingala Baoule Siswati Tsonga Tswana Gambian Yoruba Kamba Kinyarwanda Hausa Chewa Luo Makhuwa Dyula Fulfulde Kalenjin Kikuyu Kikwango Kirundi Krio Nigerian Pidgin Oromo Tshiluba Tshivenda Twi Umbundu Lugbara Luguru Pular Gussi Maasai Turkana Moba Nuer Shilluk Tamasheq Makonde Bemba Fon Hadiyya Ibibio Kimbundu Kimiiru Lango Liberian Kreyol Lomwe Mende Morisyen Ndau Nyankole Sena Sidamo Soga Songe Sukuma Tarifit Teso Tiv Zande Dagbani Australia Continent New Zealand Papua New Guinea Old Languages Aramaic Latin Esperanto 1 1 1 BEE 2006 Agbenya La 2020EƲEGBE BIBLIA 2014BEE 2006Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 19131 1 1 Marko MateoMarkoLukaYohanesAmedɔdɔawoRomatɔwo1 Korintotɔwo2 KorintotɔwoGalatiatɔwoEfesotɔwoFilipitɔwoKolosetɔwo1 Tesalonikatɔwo2 Tesalonikatɔwo1 Timoteo2 TimoteoTitoFilemonHebritɔwoYakobo1 Petro2 Petro1 Yohanes2 Yohanes3 YohanesYudaNyaɖeɖefia1 1 1 1 123456789101112131415161 1 1 : 1 1234567891011121314151617181920212223242526272829303132333435363738394041424344451 1 1 Ewe Bible (BEE) Marko 1 Save Notes 1Yesu Kristo, si nye Đela kple Mawu Vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi.2Abe ale si woŋlɔe ɖi le Yesaya ƒe agbalẽ me ene be, “Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be wòadzra wò mɔ la ɖo,3ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’”4Yohanes Mawutsidetanamelae nye dɔla sia. Enɔ gbedzi eye wòfia amewo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woade mawutsi ta na wo abe nugbegbe le woƒe nu vɔ̃wo gbɔ ƒe dzesi ene. Ena wonya be ne wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye wode mawutsi ta na wo la, Mawu atsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.5Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutomewo me yi gbea dzi, be yewoakpɔ Yohanes eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisia me.6Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu eye wòtsɔ lãgbalẽlẽdziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.7Egblɔ na eƒe nyaselawo be, “Ame aɖe gbɔna kpuie esi de ŋgɔ wum sãa. Amea de ŋgɔ ale gbegbe be nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokotaŋuka gɔ̃ hã o.8Nye la tsi koe metsɔ de mawutsi ta na mii gake eya ade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!”9Ɣemaɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ eye Yohanes de mawutsi ta nɛ le Yɔdan tɔsisia me.10Esi Yesu nɔ go dom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi.11Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye Vinye lɔlɔ̃a si ŋu mekpɔa ŋudzedze blibo le.”"12Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔe yi gbedzi;13enɔ gbea dzi ŋkeke blaene eye Abosam va tee kpɔ. Enɔ lã wɔadãwo dome ke mawudɔlawo va subɔe.14Esi Fia Herodes lé Yohanes de gaxɔ me vɔ megbe la, Yesu yi Galilea be yeagblɔ Mawu ƒe nyanyui la.15Eɖe gbeƒã be," “Ɣeyiɣi va ɖo mlɔeba! Mawufiaɖuƒe la gogo! Midzudzɔ nu vɔ̃ ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu.”16Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me elabena ɖɔkplɔlawoe wonye.17Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.”18Enumake wogblẽ woƒe asabuwo ɖi hedze eyome.19Esi wozɔ ƒua ta yina sẽ la, Yesu gakpɔ Zebedeo viŋutsuwo, Yakobo kple Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam.20Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔviawo ɖi hekplɔ Yesu ɖo enumake.21Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum le Memleɖa si nye Yudatɔwo ƒe Sabat ŋkeke dzi. Woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe eye Yesu fia nu amewo le afi ma.22Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti elabena efia nu wo kple tɔnyenye alo kakadedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si ame bubuwo fianɛ la gbɔ.23Ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒea le ɣemaɣi me. Ame sia de asi ɣlidodo me be,24“Yesu Nazaretitɔ, nu ka tae nèle fu ɖem na mí gbɔgbɔ vɔ̃wo? Đe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu Vi, Kɔkɔetɔ la.”25Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe eye nãdo go le eme.”26Le Yesu ƒe nya nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe eye wòdo go le eme.27Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu."28Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.29Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒea eye woyi Simɔn kple Andrea ƒeme,30Simɔn lɔ̃xo nɔ aba dzi nɔ ŋudza sesẽ aɖe lém hafi wode, ale wogblɔe na Yesu.31Yesu yi dɔnɔa ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu eye wònɔ alinu. Enumake ŋudza sesẽ la do le edzi eye wòfɔ yi ɖaɖa nu na wo woɖu."32Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔ ƒomevi vovovo lélawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la, be wòada gbe le wo ŋu.33Kapernaum du bliboa katã kloe hã va ƒo ƒu ɖe teƒea be yewoakpɔ nu.34Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fĩe ma. Meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu ya o, elabena wonya ame si wònye.35Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa.36Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii.37Esi wokpɔe la, wogblɔ bena, “Aƒetɔ, ame geɖe le diwòm.”38Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Ele be míayi du bubuwo hã me, be magblɔ nye gbedeasi la na woawo hã elabena esia tae meva ɖo.”"39Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutomewo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã.40Gbe ɖeka, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be," “Ne èlɔ̃ la, na nye ŋuti nakɔ.”41Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, eya ta wò ŋuti nakɔ.”42Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ.43Yesu dɔe ɖa enumake kple sedede vevi sia be,44“Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o. Ke boŋ yi nãtsɔ ɖokuiwò afia Osɔfo la eye nãna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”45Gake esi ŋutsua dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.Ewe Bible (BEE) Copyright © 1988, 2006 by Biblica, Inc Ewe Bible (BEE) Marko 1 00:00:00 00:00:00 0.5x 2.0x https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe/mark/001.mp3 16 1