× Language Europe Russian Belarusian Ukrainian Polish Serbian Bulgarian Slovakian Czech Romanian Moldovian Azerbaijan Armenian Georgian Albanian Avar Bashkir Tatar Chechen Slovenian Croatian Estonian Latvian Lithuanian Hungarian Finnish Norwegian Swedish Icelandic Greek Macedonian German Bavarian Dutch Danish Welsh Gaelic Irish French Basque Catalan Italian Galacian Romani Bosnian North America English South America Spanish Portuguese Guarani Quechuan Aymara Central America Jamaican Nahuatl Kiche Qeqchi Haitian East Asia Chinese Japanese Korean Mongolian Uyghur Hmong South East Asia Malaysian Burmese Chin Nepali Cebuano Tagalog Cambodian Thai Indonesian Vietnamese Javanese Lao Iban IuMien Kachin Lahu Aceh Balinese Bugis Pampanga Sasak Shan Waray South Asia Hindi Оdia Awadhi Mizo Kannada Malayalam Marathi Gujarati Tamil Telugu Punjabi Kurukh Assamese Maithili Bengali Urdu Sinhala Dogri Haryanvi Meitei Konkani Santali Sindhi Koya Thado Sanskrit Devanagari Adilabad Gondi Ahirani Balochi Bundeli Chhattisgarhi Garhwali Kangri Kumaoni Mewari Munda Sadri Seraiki Shekhawati Sylheti Central Asia Kyrgyz Uzbek Tajik Turkmen Kazakhstan Karakalpak Middle East Turkish Hebrew Arabic Persian Kurdish Pashto Coptic Africa Afrikaans Xhosa Zulu Ndebele Sotho Amharic Wolaytta Nigerian Mossi Ika Dinka Kabyle Ewe Swahili Morocco Somalian Shona Madagascar Igbo Lingala Baoule Siswati Tsonga Tswana Gambian Yoruba Kamba Kinyarwanda Hausa Chewa Luo Makhuwa Dyula Fulfulde Kalenjin Kikuyu Kikwango Kirundi Krio Nigerian Pidgin Oromo Tshiluba Tshivenda Twi Umbundu Lugbara Luguru Pular Gussi Maasai Turkana Moba Nuer Shilluk Tamasheq Makonde Bemba Fon Hadiyya Ibibio Kimbundu Kimiiru Lango Liberian Kreyol Lomwe Mende Morisyen Ndau Nyankole Sena Sidamo Soga Songe Sukuma Tarifit Teso Tiv Zande Dagbani Australia Continent New Zealand Papua New Guinea Old Languages Aramaic Latin Esperanto 1 1 1 BEE 2006 Agbenya La 2020EƲEGBE BIBLIA 2014BEE 2006Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 19131 1 1 Luka MateoMarkoLukaYohanesAmedɔdɔawoRomatɔwo1 Korintotɔwo2 KorintotɔwoGalatiatɔwoEfesotɔwoFilipitɔwoKolosetɔwo1 Tesalonikatɔwo2 Tesalonikatɔwo1 Timoteo2 TimoteoTitoFilemonHebritɔwoYakobo1 Petro2 Petro1 Yohanes2 Yohanes3 YohanesYudaNyaɖeɖefia1 1 1 1 1234567891011121314151617181920212223241 1 1 : 1 12345678910111213141516171819202122232425262728293031323334353637383940414243444546474849505152535455565758596061626364656667686970717273747576777879801 1 1 Ewe Bible (BEE) Luka 1 Save Notes 1Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome, la ŋu,2ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ eye wonye dɔlawo na nya la.3Eya ta enyo nye hã ŋu, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofil4bena wòagbugbɔ aɖo kpe edzi na wò be nu siwo katã wofia wò lae nye nyateƒea.5Nye ŋutinya la ƒe gɔmedzedze ku ɖe Yudatɔwo ƒe Osɔfo aɖe si woyɔna be Zakaria, ame si nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Herodes nye fia le Yudea la ŋu. Woma Osɔfo siwo wɔa dɔ le gbedoxɔa me la ɖe ha vovovowo me eye Zakaria nye ha si woyɔna be ‘Abiya’ la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zakaria srɔ̃ Elizabet hã tso Osɔfowo ƒe ƒome me eye wònye Arɔn ƒe dzidzimevi.6Wo kple evea nye dzɔdzɔetɔwo le Mawu ŋkume eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔ manɔŋutɔe.7Gake vi ɖeka teti hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ eye wo ame evea katã hã tsi ŋutɔ.8Eva eme be Zakaria ƒe hatsotso le nunɔdɔ wɔm le kɔnua nu le Mawu ƒe ŋkume,9eye le nunɔdɔ ƒe kɔnua nu la, wodzidze nu eye wotia Zakaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔa me eye wòado dzudzɔ.10Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be woasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa.11Zakaria nɔ kɔkɔeƒea, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka; eye wònɔ tsi tre ɖe vɔsamlekpuia ƒe nuɖusime.12Zakaria vɔ̃ ŋutɔ ale wòde asi dzodzo me nyanyanya.13Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zakaria! Elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wo Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nãna ŋkɔe be Yohanes.14Mi ame evea miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le eƒe dzidzi ta eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi.15Elabena ɖevi la anye gã le woƒe ŋkume. Mano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã,16eye akplɔ Israelvi geɖewo va Mawu si nye woƒe Aƒetɔ la gbɔe.17Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”18Zakaria gblɔ na mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ eye srɔ̃nye hã ku nyagã.”19Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel, si nɔa Mawu ŋkume ɣesiaɣi. Eyae dɔm ɖa be magblɔ dzidzɔnya sia na wò.20Gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu eye magate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava me pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.”21Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zakaria lalam be wòado go eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi xɔa me fũu nenema.22Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia aɖe le gbedoxɔ la me.23Zakaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe dɔwɔŋkeke mamlɛawo wu enu eye wòtrɔ yi aƒe me.24Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ.25Elizabet gblɔ kple dzidzɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo ŋutɔ bena, wòɖe kotsitsi ƒe ŋukpe gã sia ɖa le dzinye.”26Le Elizabet ƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu dɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖe kɔƒe aɖe si woyɔna be Nazaret si le Galilea la me.27Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la enye ɖetugbi dzadzɛ aɖe si woyɔna be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe.28Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetɔ la li kpli wò.”29Maria ɖi vo eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ; edze agbagba bu tame le nu si tututu mawudɔla la wɔnɛ la ŋu.30Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe!31Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nãna ŋkɔe be ‘Yesu.’32Anye ame xɔŋkɔ aɖe eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ.33Ale wòaɖu fia ɖe Israel dzi eye eƒe Fiaɖuƒe mawu nu akpɔo.”34Maria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ adzi vi esi nyemenya ŋutsu kpɔ o.”35Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Mawu ƒe ŋusẽ ayɔ mewò; eya ta ɖevi si nãdzi la, anɔ Kɔkɔe eye wòanye Mawu Vi.36Gawu la anɔ abe ɣleti adee nye si va yi ene la, Wò ƒometɔ Elizabet ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me.37Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la, ava me pɛpɛpɛ.”38Maria gblɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔlae menye eye nu sia nu si wòdi tso asinye lae mawɔ. Nu sia nu si nègblɔ la neva eme.”" Le esia megbe la, mawudɔla la gabu le eŋkume.39Le ŋkeke siawo me la, Maria tsi tre eye wòɖe abla yi Yudea du aɖe me40afi si wòge ɖe Zakaria ƒeme eye wòdo gbe na Elizabet le.41Esi Elizabet se Maria wòdo gbe nɛ ko la, vidzĩ si le dɔme nɛ la ʋã kple dzidzɔ eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũu.42Elizabet do dzidzɔɣli eye wògblɔ na Maria be," “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake.43Bubu kae nye gã si nède ŋunye, be wò si nye Aƒetɔ la dada nãva kpɔm ɖa!44Esi nèva do gbe nam teti ko la, vinye la ʋã le dɔme nam le dzidzɔ ta.45Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la dzi, esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.”46Maria ɖo eŋu na Elizabet be, “O, nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum ale gbegbe.47Eye mele dzidzɔ kpɔm le Mawu, nye xɔla la, ŋuti.48Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔvi sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime.”49Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.50Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.51” Ewɔ nu dzɔatsuwo kple eƒe alɔ eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me.52Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi.53Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe.54Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi55be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene.”"56Maria nɔ Elizabet gbɔ abe dzinu etɔ̃ ene hafi trɔ yi aƒe.57Elizabet ƒe vidziɣi va ɖo eye wòdzi ŋutsuvi."58Nya sia kaka ɖe eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba ŋutɔ, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔme na Elizabet eye wo katã kpɔ dzidzɔ.59Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ŋkɔ Zakaria nɛ,60gake Elizabet gblɔ be, “Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes.”61Amewo do ɣli be, “Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome bliboa me si woyɔna nenema o.”62Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia.63Zakaria na wotsɔ agbalẽ kakɛ aɖe vɛ nɛ eye nukutɔe la, eŋlɔ ɖe edzi be: “Eŋkɔe nye YOHANES.”64Enumake Zakaria ƒe nu ʋu eye wògadze nuƒoƒo gɔme abe tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe.65Nyadzɔdzɔ bliboa wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ eye wòkaka ɖe du siwo le Yudea togbɛ dzi la katã me.66Ame sia ame si se nya sia la bua tame le eŋu ɣeɣiyi didi aɖe eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? ” Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.67Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fofoa Zakaria me eye wògblɔ nya siawo ɖi be, “68Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la elabena eva eye wòɖe eƒe dukɔ.69Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na mí le eƒe dɔla, David, ƒe aƒe me70abe ale si wògblɔe to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene,71be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo lé fu mí la ƒe asime,72ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe73kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi,74be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo sime ne míasubɔe vɔvɔ̃ manɔmetɔe75le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe ŋkekewo katã me.76Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nyagblɔɖila elabena ãdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nãdzra mɔ ɖo ɖi nɛ,77ne nãtsɔ xɔxɔ ƒe sidzedze na eƒe dukɔ to woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke me,78le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo,79ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔlĩ te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.”80Đevi la tsi eye wosẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe.Ewe Bible (BEE) Copyright © 1988, 2006 by Biblica, Inc Ewe Bible (BEE) Luka 1 00:00:00 00:00:00 0.5x 2.0x https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe/luke/001.mp3 24 1