× Language Europe Russian Belarusian Ukrainian Polish Serbian Bulgarian Slovakian Czech Romanian Moldovian Azerbaijan Armenian Georgian Albanian Avar Bashkir Tatar Chechen Slovenian Croatian Estonian Latvian Lithuanian Hungarian Finnish Norwegian Swedish Icelandic Greek Macedonian German Bavarian Dutch Danish Welsh Gaelic Irish French Basque Catalan Italian Galacian Romani Bosnian North America English South America Spanish Portuguese Guarani Quechuan Aymara Central America Jamaican Nahuatl Kiche Qeqchi Haitian East Asia Chinese Japanese Korean Mongolian Uyghur Hmong South East Asia Malaysian Burmese Chin Nepali Cebuano Tagalog Cambodian Thai Indonesian Vietnamese Javanese Lao Iban IuMien Kachin Lahu Aceh Balinese Bugis Pampanga Sasak Shan Waray South Asia Hindi Оdia Awadhi Mizo Kannada Malayalam Marathi Gujarati Tamil Telugu Punjabi Kurukh Assamese Maithili Bengali Urdu Sinhala Dogri Haryanvi Meitei Konkani Santali Sindhi Koya Thado Sanskrit Devanagari Adilabad Gondi Ahirani Balochi Bundeli Chhattisgarhi Garhwali Kangri Kumaoni Mewari Munda Sadri Seraiki Shekhawati Sylheti Central Asia Kyrgyz Uzbek Tajik Turkmen Kazakhstan Karakalpak Middle East Turkish Hebrew Arabic Persian Kurdish Pashto Coptic Africa Afrikaans Xhosa Zulu Ndebele Sotho Amharic Wolaytta Nigerian Mossi Ika Dinka Kabyle Ewe Swahili Morocco Somalian Shona Madagascar Igbo Lingala Baoule Siswati Tsonga Tswana Gambian Yoruba Kamba Kinyarwanda Hausa Chewa Luo Makhuwa Dyula Fulfulde Kalenjin Kikuyu Kikwango Kirundi Krio Nigerian Pidgin Oromo Tshiluba Tshivenda Twi Umbundu Lugbara Luguru Pular Gussi Maasai Turkana Moba Nuer Shilluk Tamasheq Makonde Bemba Fon Hadiyya Ibibio Kimbundu Kimiiru Lango Liberian Kreyol Lomwe Mende Morisyen Ndau Nyankole Sena Sidamo Soga Songe Sukuma Tarifit Teso Tiv Zande Dagbani Australia Continent New Zealand Papua New Guinea Old Languages Aramaic Latin Esperanto 1 1 1 BEE 2006 Agbenya La 2020EƲEGBE BIBLIA 2014BEE 2006Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 19131 1 1 Filemon MateoMarkoLukaYohanesAmedɔdɔawoRomatɔwo1 Korintotɔwo2 KorintotɔwoGalatiatɔwoEfesotɔwoFilipitɔwoKolosetɔwo1 Tesalonikatɔwo2 Tesalonikatɔwo1 Timoteo2 TimoteoTitoFilemonHebritɔwoYakobo1 Petro2 Petro1 Yohanes2 Yohanes3 YohanesYudaNyaɖeɖefia1 1 1 1 11 1 1 : 1 123456789101112131415161718192021222324251 1 1 Filemon 1 Save Notes 1Agbalẽ sia tso Paulo, Kristo Yesu ƒe gatɔ, kple mía nɔviŋutsu Timoteo gbɔ, na Filemon, mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla2kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo, mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kpakple hame si kpea ta le aƒewòme.3Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.4Filemon lɔlɔ̃a, medaa akpe na Mawu ɣesiaɣi si mele gbe dom ɖa ɖe tawò5elabena mese nu tso wò lɔlɔ̃ kple xɔse si le Aƒetɔ Yesu me kpakple amekɔkɔeawo katã ŋu.6Nye gbedodoɖae nye be nãtsɔ dzo ɖe wò xɔse la, mama ŋu, ale be nãse nu nyui ɖe sia ɖe si le mía si le Kristo me la gɔme blibo.7Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple dzideƒo gã aɖem elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de ame kɔkɔeawo ƒe dziwo me.8Eya ta, togbɔ be dzideƒo le asinye le Kristo me be mate ŋu azi dziwò be nãwɔ nu si dze be nãwɔ hã la,9medi boŋ be maɖe kuku na wò le lɔlɔ̃ ta. Eya ŋuti nye Paulo, amegã xoxo aɖe kple ame si va zu Kristo Yesu ƒe gatɔ10mele kuku ɖem na wò ɖe vinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii.11Tsã la ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa.12Mele etrɔm ɖo ɖe wò eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖa wò kplii.13Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã ato esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi.14Ke nyemedi be mawɔ nenema ne melɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nanyo dɔme nam to dzizizi me o, ke boŋ be wò ŋutɔ nãdi be yeave nunye.15Đewohĩ, anyo be nabu nya sia ŋu ale: Onesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, woazu tɔwo tegbee.16Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Kristo me hã.17Ne menye xɔ̃wò le nyateƒe me la, ekema xɔ Onesimo kple dzaadoname si tututu natsɔ axɔm nenye nyee gbɔna gbɔwò.18Ne ewɔ nu vevi aɖe wò alo wòfi wò nane la, ekema kpɔ mɔ na teƒeɖoɖo tso gbɔnye.19Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo, meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu le fe si nenyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be, wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le asinye!20Ẽ, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nado dzidzɔ nam ekema nye dzi gbɔdzɔ la akafu Aƒetɔ la.21Meŋlɔ agbalẽ sia na wò elabena meka ɖe edzi be awɔ nam wu ale si mebia gɔ̃ hã!22Meɖe kuku be nadi amedzroxɔ aɖe da ɖi nam, elabena mele mɔ kpɔm be Mawu ase miaƒe gbedodoɖa eye woana mava mia gbɔ kpuie.23Epafra, ame si le gaxɔ me kplim le gbeƒãɖeɖe Kristo Yesu ta la, do gbe na mi.24Marko, Aristarko, Đema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi.25Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la.Ewe Bible (BEE) Copyright © 1988, 2006 by Biblica, Inc Ewe Bible (BEE) Filemon 1 00:00:00 00:00:00 0.5x 2.0x https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe/philemon/001.mp3 1 1