× Language Europe Russian Belarusian Ukrainian Polish Serbian Bulgarian Slovakian Czech Romanian Moldovian Azerbaijan Armenian Georgian Albanian Avar Bashkir Tatar Chechen Slovenian Croatian Estonian Latvian Lithuanian Hungarian Finnish Norwegian Swedish Icelandic Greek Macedonian German Bavarian Dutch Danish Welsh Gaelic Irish French Basque Catalan Italian Galacian Romani Bosnian North America English South America Spanish Portuguese Guarani Quechuan Aymara Central America Jamaican Nahuatl Kiche Qeqchi Haitian East Asia Chinese Japanese Korean Mongolian Uyghur Hmong South East Asia Malaysian Burmese Chin Nepali Cebuano Tagalog Cambodian Thai Indonesian Vietnamese Javanese Lao Iban IuMien Kachin Lahu Aceh Balinese Bugis Pampanga Sasak Shan Waray South Asia Hindi Оdia Awadhi Mizo Kannada Malayalam Marathi Gujarati Tamil Telugu Punjabi Kurukh Assamese Maithili Bengali Urdu Sinhala Dogri Haryanvi Meitei Konkani Santali Sindhi Koya Thado Sanskrit Devanagari Adilabad Gondi Ahirani Balochi Bundeli Chhattisgarhi Garhwali Kangri Kumaoni Mewari Munda Sadri Seraiki Shekhawati Sylheti Central Asia Kyrgyz Uzbek Tajik Turkmen Kazakhstan Karakalpak Middle East Turkish Hebrew Arabic Persian Kurdish Pashto Coptic Africa Afrikaans Xhosa Zulu Ndebele Sotho Amharic Wolaytta Nigerian Mossi Ika Dinka Kabyle Ewe Swahili Morocco Somalian Shona Madagascar Igbo Lingala Baoule Siswati Tsonga Tswana Gambian Yoruba Kamba Kinyarwanda Hausa Chewa Luo Makhuwa Dyula Fulfulde Kalenjin Kikuyu Kikwango Kirundi Krio Nigerian Pidgin Oromo Tshiluba Tshivenda Twi Umbundu Lugbara Luguru Pular Gussi Maasai Turkana Moba Nuer Shilluk Tamasheq Makonde Bemba Fon Hadiyya Ibibio Kimbundu Kimiiru Lango Liberian Kreyol Lomwe Mende Morisyen Ndau Nyankole Sena Sidamo Soga Songe Sukuma Tarifit Teso Tiv Zande Dagbani Australia Continent New Zealand Papua New Guinea Old Languages Aramaic Latin Esperanto 1 1 1 BEE 2006 Agbenya La 2020EƲEGBE BIBLIA 2014BEE 2006Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 19131 1 1 Yakobo MateoMarkoLukaYohanesAmedɔdɔawoRomatɔwo1 Korintotɔwo2 KorintotɔwoGalatiatɔwoEfesotɔwoFilipitɔwoKolosetɔwo1 Tesalonikatɔwo2 Tesalonikatɔwo1 Timoteo2 TimoteoTitoFilemonHebritɔwoYakobo1 Petro2 Petro1 Yohanes2 Yohanes3 YohanesYudaNyaɖeɖefia1 1 1 1 123451 1 1 : 1 1234567891011121314151617181920212223242526271 1 1 Ewe Bible (BEE) Yakobo 1 Save Notes 1Agbalẽ sia tso Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, gbɔ na Yudatɔ kristotɔ siwo kaka ɖe xexeame godoo. Mele gbe dom na mi katã.2Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne dodokpɔ ƒomevi geɖewo tu mi la mibui dzidzɔ sɔŋ,3elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ.4Ele be dzidodo nawu eƒe dɔ nu ale be miatsi azu blibo eye naneke mahiã mi o.5Ne ame aɖe hiã nunya la nebia Mawu ame si naa ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.6Gake ne ebia la ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikekemanɔmee elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene.7Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o.8Elabena enye dzime eve susula eye meli ke le nu siwo katã wowɔna la me o.9Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi.10Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o elabena enu ava yi abe seƒoƒo le gbe dzi ene.11Elabena ɣe dzena eye ɣe la ƒe ŋusẽ naa gbe yrɔna eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua eƒe anidzedze. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe.12Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la axɔ agbefiakuku esi ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ.13Ne wote ame aɖe kpɔ la megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o.” Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke akpɔ o.14Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔna eye woblea enu hehenɛ dzonae.15Emegbe la didi vɔ̃ la fɔa fu hedzia nu vɔ̃ eye ne nu vɔ̃ tsi nyuie la edzia ku.16Nɔvi lɔlɔ̃awo, migana woable mi o.17Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe dziƒoe wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔlĩ trɔnae ene o.18Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ.19Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dzikudodo me,20elabena ame ƒe dziku mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o.21Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo katã ɖi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si bɔ ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si wodo ɖe mia me esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo.22Miganye nya la selawo ko ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si nya la gblɔ dzi.23Elabena ame aɖe si se nya la eye mewɔ ɖe edzi o ɖi ame aɖe si kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me,24ke esi wodzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la megaɖo ŋku ale si eƒe dzedzeme le la dzi o.25Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo, si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣesiaɣi eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o ke boŋ wòwɔa edzi la woayrae le nu si wòwɔna la me.26Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ ke mede ga eƒe aɖe o la le eɖokui blem eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro.27Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛ eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.Ewe Bible (BEE) Copyright © 1988, 2006 by Biblica, Inc Ewe Bible (BEE) Yakobo 1 00:00:00 00:00:00 0.5x 2.0x https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe/james/001.mp3 5 1