× Language Europe Russian Belarusian Ukrainian Polish Serbian Bulgarian Slovakian Czech Romanian Moldovian Azerbaijan Armenian Georgian Albanian Avar Bashkir Tatar Chechen Slovenian Croatian Estonian Latvian Lithuanian Hungarian Finnish Norwegian Swedish Icelandic Greek Macedonian German Bavarian Dutch Danish Welsh Gaelic Irish French Basque Catalan Italian Galacian Romani Bosnian North America English South America Spanish Portuguese Guarani Quechuan Aymara Central America Jamaican Nahuatl Kiche Qeqchi Haitian East Asia Chinese Japanese Korean Mongolian Uyghur Hmong South East Asia Malaysian Burmese Chin Nepali Cebuano Tagalog Cambodian Thai Indonesian Vietnamese Javanese Lao Iban IuMien Kachin Lahu Aceh Balinese Bugis Pampanga Sasak Shan Waray South Asia Hindi Оdia Awadhi Mizo Kannada Malayalam Marathi Gujarati Tamil Telugu Punjabi Kurukh Assamese Maithili Bengali Urdu Sinhala Dogri Haryanvi Meitei Konkani Santali Sindhi Koya Thado Sanskrit Devanagari Adilabad Gondi Ahirani Balochi Bundeli Chhattisgarhi Garhwali Kangri Kumaoni Mewari Munda Sadri Seraiki Shekhawati Sylheti Central Asia Kyrgyz Uzbek Tajik Turkmen Kazakhstan Karakalpak Middle East Turkish Hebrew Arabic Persian Kurdish Pashto Coptic Africa Afrikaans Xhosa Zulu Ndebele Sotho Amharic Wolaytta Nigerian Mossi Ika Dinka Kabyle Ewe Swahili Morocco Somalian Shona Madagascar Igbo Lingala Baoule Siswati Tsonga Tswana Gambian Yoruba Kamba Kinyarwanda Hausa Chewa Luo Makhuwa Dyula Fulfulde Kalenjin Kikuyu Kikwango Kirundi Krio Nigerian Pidgin Oromo Tshiluba Tshivenda Twi Umbundu Lugbara Luguru Pular Gussi Maasai Turkana Moba Nuer Shilluk Tamasheq Makonde Bemba Fon Hadiyya Ibibio Kimbundu Kimiiru Lango Liberian Kreyol Lomwe Mende Morisyen Ndau Nyankole Sena Sidamo Soga Songe Sukuma Tarifit Teso Tiv Zande Dagbani Australia Continent New Zealand Papua New Guinea Old Languages Aramaic Latin Esperanto 1 1 1 BEE 2006 Agbenya La 2020EƲEGBE BIBLIA 2014BEE 2006Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 19131 1 1 Nyaɖeɖefia MateoMarkoLukaYohanesAmedɔdɔawoRomatɔwo1 Korintotɔwo2 KorintotɔwoGalatiatɔwoEfesotɔwoFilipitɔwoKolosetɔwo1 Tesalonikatɔwo2 Tesalonikatɔwo1 Timoteo2 TimoteoTitoFilemonHebritɔwoYakobo1 Petro2 Petro1 Yohanes2 Yohanes3 YohanesYudaNyaɖeɖefia1 1 1 1 123456789101112131415161718192021221 1 1 : 1 12345678910111213141516171819201 1 1 Ewe Bible (BEE) Nyaɖeɖefia 1 Save Notes 1Esia enye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia si Mawu nae be woaɖe fia eƒe dɔlawo tso nu si ava dzɔ kpuie la ŋuti. Edɔ eƒe mawudɔla ɖa be wòaɖe nu siawo afia Yohanes ame si nye eƒe dɔla.2Yohanes ɖi ɖase le nu si wo katã wòkpɔ la ŋu, nu siwo nye Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ŋu ƒe ɖaseɖiɖi.3Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see eye wotsɔ emenyawo ɖe woƒe dzime elabena ɣeyiɣi la te tu aƒe.4Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nutome: amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu ame si nɔ anyi, eye wòli eye wògale vava ge la gbɔ kple gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ,5kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me eye wònye anyigbadzifiawo dziɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,6eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple Osɔfo siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.7Kpɔ ɖa! Egbɔna; alilĩkpowo aƒo xlãe eye ŋku ɖe sia ɖe akpɔe. Ẽ, ame siwo tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe. Ne eva do la, dukɔwo afa avi kple ɣli le eya amea ta. Ẽ! Amen! Neva eme nenema!8“Nyee nye A kple Z, gɔmedzedze kple nuwuwu ame si nɔ anyi, eli eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.9Nye, mia nɔvi Yohanes, ame si kpe fu kpli mi le Aƒetɔ la ta lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. Nye hã mekpɔ gome le dzidodo si Mawu nana la me eye miakpɔ gome le eƒe fiaɖuƒe la hã me! Menɔ Patmo Ƒukpo dzi. Woɖe aboyom yi afi ma le ale si megblɔ Mawu ƒe nya kple nu si menya tso Yesu Kristo ŋuti la ta.10Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene.11Enɔ gbɔgblɔm bena, “Nyee nye A kple Z, Gbãtɔ kple Mlɔetɔ” Emegbe mesee wògagblɔ be, “Ŋlɔ nu sia nu si nakpɔ la da ɖi eye naɖo agbalẽa ɖe hame adre siwo le Asia. Efeso, Smirna Pergamo, Tiatira, Sardes, Filadelfia kple Laodikea.”12Esi metrɔ be makpɔ ame si nɔ nu ƒom la, kasia mekpɔ sikakaɖiti adre.13Ame aɖe tsi tre ɖe wo dome, si ɖi Amegbetɔvi la. Edo awu ʋlaya aɖe eye wotsɔ sikalidziblanu aɖe bla akɔta.14Eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu alo ɖetifu ene. Eƒe ŋkuwo le ɖaɖam abe dzoƒeaɖewo ene.15Eƒe afɔwo biã hẽ abe akɔbli si wode kpodzo me ene eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe howɔwɔ ene.16Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi eye yi ɖaɖe nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo le keklẽm abe ɣekeklẽ ene.17Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔnu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye eye wògblɔ bena, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gbãtɔ kple Mlɔetɔ.18Nyee nye Ame si le agbe, meku kpɔ gake, kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye.19“Eya ta ŋlɔ nu siwo nèkpɔ fifia kple nu siwo le vava ge emegbe.20Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe ɖusi kple sikakaɖiti adreawo ŋu lae nye si. Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.Ewe Bible (BEE) Copyright © 1988, 2006 by Biblica, Inc Ewe Bible (BEE) Nyaɖeɖefia 1 00:00:00 00:00:00 0.5x 2.0x https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe/revelation/001.mp3 22 1