Bible Verses On A Topic

Topics
God
Good Character
Bad Character
Sins
Life
Church
Mysteries
Angels and Demons
Math Signs
Additional
Church: [Attending Church]
[24] eye míalé ŋku ɖe mia nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, [25] eye míagagblẽ mía ŋutɔwo miaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi amea ɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.
Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.
Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.
[11] Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo, [12] bene woadzra ame kɔkɔewo do hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu, [13] halase esime mí katã miade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ,
Eye wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ, abolokaka kple gbedodoɖa me.
Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana.
Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.
[31] Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me. [32] Eye wòva me bena, esi Petro tsa le afiawo katã la, eva ame kɔkɔe, siwo le Lida hã gbɔ.
Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.
Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o!
Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.
[19] Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, [20] miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006