Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.
Atsi aƒu ga, hafi ayi yɔ me, abe alesi wotsɔa lu bablawo va aƒee le woƒe ɣeyiɣi dzi ene.
[12] Ɖe nunya le amegã ɖeɖiwo si, eye tagbɔ kɔkɔ li na ame tsitsiwoa? [13] Eya si ko nunya kple ŋusẽ, aɖaŋuɖoɖo kple tagbɔ kɔkɔ le. [14] Kpɔ ɖa, ne egbã nane la, amea ɖeke megatunɛ o, eye ne ede ame xɔ la, amea ɖeke meʋunɛ o. [15] Kpɔ da, ne exa mɔ na tɔwo la, womiena; ne eɖe asi le wo ŋu la, wowuwlua anyigba. [16] Eya si me ŋusẽ kple nunya vavãtɔ le, eye etɔ enye mɔtrelawo kple amesiwo kplɔa amewo tre mɔe. [17] Eɖea aboyo adaŋumegãwo amamae, eye wòdoa tsu ʋɔnudrɔ̃lawo. [18] Edea fiawo ƒe dzizizi ɖa, eye wòdoa ka ali na wo. [19] Eɖea aboyo nunɔlawo amamae, eye wòlãa amesiwo ƒo kè ɖe to la, ƒu anyi. [20] Exɔa nuƒoƒo nyui le nuƒolawio si, eye wòɖea nunya le tagbɔ na amegã ɖeɖiwo.
Le nusiawo megbe la matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyonuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.
Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye navɔ̃ wò Mawu la. Nyee nye Yehowa!
Esi menye amesia tɔgbe la, nye Paulo tsitsi, si nye Kristo Yesu ƒe gatɔ hã azɔ la,
Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o!
Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!
Ne nye ŋutilã kple nye dzi nu yi hã, Mawue nye nye dzi ƒe sitsoƒe kple nye gome tegbee.
[10] Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hlã nye wo aɖegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedze. [11] Amekae dze si wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ kple wò dziku de alesi woavɔ̃ wò nui? [12] Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nado mía si!
Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye mana wòakpɔ nye xɔname.
Ɖo to folowò, si dzi wò, eye megado vlo dawo, ne eku nyagã o!
Mekpɔ ame vɔ̃ɖia ɖe le ɖadzra ɖam, eye wòvu eɖokui ɖranyi abe ati dodo, si vu ke la ene.
Eku amegã belibeli hafi ku, eye agbenɔnɔ, kesinɔnu kple bubu ti kɔ nɛ, eye via Salomo zu fia ɖe eteƒe.
Ne èzɔ nye mowo dzi helé nye ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi, abe alesi fofowò Dawid zɔe ene la, ekema mana wò agbeŋkekewo nadidi.
amesi tsɔa nu nyui ɖia ƒo na wò amegãkuku, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.
Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo,
[1] Megawo ɖe ame tsitsi ta o, keboŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene, [2] nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.
[8] Nye nu me yɔ fũ kple wò kafukafu, nye ŋkekewo kple wò dodoɖedzi. [9] Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o!
[20] Ke miaƒe dumetɔnyenye le dziƒo, afisi hã miele xɔla, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam tso, [21] amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.
[3] Yakob ƒe aƒe la kple Israel ƒe aƒe me ame mamleawo, miɖo tom, mi amesiwo metsɔ do agba ɖe ɖokuinye dzi tso dɔ me ke, eye metsɔ mi tso vidzidɔ me ke. [4] Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.
[12] Nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi bɔkɔɔ, eye nye to ase nya le ame vlo, siwo tso ɖe ŋunye la ŋu. [13] Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene. [14] Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo. [15] Woatse ku le tsitsime ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama
[1] Ɖo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nele gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo; [2] hafi ne ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo naɖo viviti, eye alilikpo nagatrɔ ava le tsidzadza megbe; [3] esime aƒe ŋu dzalawo dzona nyanyanya, eye ŋutsu kakowo xana gobaa, nyɔnu wɔtulawo dzudzɔa dɔwɔwɔ, elabena womegasɔ gbɔ o; esime fesrenukpɔlawo ƒe mo ɖoa viviti, [4] eye wodoa ʋɔtru, siwo lrɔ ɖe abla me, elabena wɔtutu megale ɖiɖim sesĩe o, eye wofɔna, ne xevi ƒe gbe tete ɖi, eye nyɔnu hadzilawo ƒe gbeme xena; [5] togbɛwo hã dzia ŋɔ na ame, eye ŋɔdzi nɔa mawo dzi; wotsria azi, eye ʋetsuviwo tea texlolo, eye nuɖuɖu medzroa ame o; elabena amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔɖome; [6] hafi ne klosaloka natso, eye sikagba nagbã, trekpezi nafli le vudo to, eye tsidumɔ̃ nakaka; [7] hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006