Bible Verses On A Topic

Topics
God
Good Character
Bad Character
Sins
Life
Church
Mysteries
Angels and Demons
Math Signs
Additional
Life: [Adoption]
Ɖevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa na nusi mebiae la, va me nam.
eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“
amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae.
Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!
ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.
Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.
Yehowa be: Elabena menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mo kpɔm na la mi.
Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.
Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wonye.
Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo!
Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eléa tsyɔeviwo kple ahosiwo ɖe asi, eya wòglɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ.
[5] Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ! Mita mɔ na amesi tso gbedzi gbɔna; Yehowae nye eŋkɔ, eye mitso aseye le eŋku me! [6] Tsyuẽviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.
[8] Ke wò nu de aɖetututɔwo nu kple ɖe dzɔgbevɔ̃etɔwo katã ƒe nye nu! [9] Ke wò nu natso efia ɖe eteƒe, eye nadrɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔwo kple ame dahewo!
[12] Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena, [13] amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso.
[4] Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te, [5] bene wòaxe fe ɖe amesiwo le sea te la ta, bene vinyenye la nasu mía si.
[14] Elabena ame alesi nu Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, woawo la mawuviwo wonye. [15] Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo! [16] Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye. [17] Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii.
[14] Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo. [15] Ŋe abɔ na eme vɔ̃ɖi kple nuvɔ̃wɔla; ɖe àdi eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye mãkpɔe oa? [16] Yehowa enye fia tegbetegbe, dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi. [17] Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi, [18] ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006