Bible Verses On A Topic

Topics
God
Good Character
Bad Character
Sins
Life
Church
Mysteries
Angels and Demons
Math Signs
Additional
Sins: [Cursing]
Ke azɔ miawo hã miɖe nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me;
Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.
Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.
kple ŋukpeanu kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o, negbe akpedada boŋ.
Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.
Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.
Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.
[5] Nenema ke aɖe hã nye ŋutinu suea ɖe ko, eye wokana ɖe nu gãwo ŋu. Kpɔ alesi dzo via ɖe tɔa dzo ave gã la ɖa! [6] Eye aɖe la, dzo wònye; madzɔmadzɔnyenye ƒe xexemee nye aɖe le mía ŋutinuwo dome, eyae ƒoa ɖi ŋutilã blibo la katã, eye wòtɔa dzo agbenɔnɔ ƒe tododo blibo la katã, eye dzomavɔʋe tɔ dzo aɖe la ŋutɔ hã. [7] Elabena womla lã wɔadãwo kple xeviwo kple nutatawo kpakple ƒumelãwo ƒe dzɔdzɔme, eye amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme mia wo, [8] ke aɖe la amea ɖeke mate ŋu amlãe o, nuvɔ̃ madzudzɔmadzudzɔ, si aɖi wuame yɔ fũ la wònye. [9] Eya ke míetsɔna ƒoa fi dea ame, siwo wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme me. [10] Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o. [11] Ɖe vudo dzia tsi vivi kple tsi veve hetsoa do ɖeka ma ke me mahã? [12] Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amititsetsewo, alo weinka ate ŋu atse gbotitsetsewo mahã? Nenema ke dzevudo mate ŋu adzi tsi nyui hã o.
Ne amea ɖe ƒo fi de fofoa alo dada la, woawui, elabena fofoa alo dadae wòƒo fi de; eya ŋutɔe ɖe hlɔ̃fe.
miyra amesiwo ƒo fi ɖe mi, miɖo gbe ɖa ɖe amesiwo ƒo ɖi mi la ta.
Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.
Elabena amesi le didim be, yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple eƒe nuyiwo dzi, bene woagagblɔ alakpanya o;
Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.
Ku kple agbe le aɖe si me, amesi dze xɔlɔ̃e, aɖu eƒe kutsetsewo.
Elɔ̃ fiƒode, eyata neva edzi; yayra ƒe nu menyo eŋu o, eyata nenɔ adzɔge nɛ!
Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o!
[23] Eye wòdzo tso afima heyi Betel. Esi wòle mɔ dzi le to liam la, ŋutsuvi suea ɖewo ɖo tso dua me, eye wole alɔme ɖem le eŋu le gbɔgblɔm bena: Tabebetɔ, lia va, tabebetɔ, lia va! [24] Eye esi wònyè kɔ kpɔ wo la, eƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me; tete sisiblisi eve do tso ave me va vuvu ɖevi blane vɔ eve le wo dome.
[10] Eye wòyɔ ameha la va egbɔ gblɔ na wo bena: Miɖo to, eye miase nu gɔme. [11] Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.
[8] ke aɖe la amea ɖeke mate ŋu amlãe o, nuvɔ̃ madzudzɔmadzudzɔ, si aɖi wuame yɔ fũ la wònye. [9] Eya ke míetsɔna ƒoa fi dea ame, siwo wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme me. [10] Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.
[18] Ke nusiwo doa go tsoa nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame. [19] Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona. [20] Woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame; ke ne woɖu nu asi maklɔmaklɔe la, eya meƒoa ɖi ame o.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006